John 7

Yesu nɔviŋutsuwo ƒe dzimaxɔse

1Emegbe la, Yesu trɔ yi Galilea nutome, henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi bena yeaɖo Yudea ya kura o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui. 2Azɔ Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui vevi aɖe ɖo edzi. Woyɔa ŋkeke sia be Agbadɔmeŋkekenyui. 3Esi ŋkekea te tu aƒe ta la, Yesu nɔviŋutsuwo va ƒoe ɖe enu be neyi Yudea ne wòaɖu ŋkekenyuia le afi ma. Nɔviawo gblɔ nɛ be, “Míedi be nayi Yudea elabena amewo le afi ma fũ si ate ŋu akpɔ wò nukunuwɔwɔwo. 4Ame si dina be yeazu ame ŋkuta la mewɔa nu le bebeme o. Eya ta esi nèle nu siawo wɔm la, ele be nàdo ɖe gaglãgbe ne xexeame nakpɔ wò.” 5Nɔviawo gblɔ esia elebena woawo ŋutɔ gɔ̃ hã mexɔ edzi se o.

6Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Miawo la, mievo eye miekpɔ mɔ ayi teƒe sia eye nya aɖeke madzɔ o, ke nye la, ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o. 7Miawo la, xexeametɔwo melé fu mi o, ke nye la wolé fum vevie elabena mehe nya ɖe wo ŋu ɖe woƒe nu vɔ̃ kple nu madzemadze wɔwɔ ta. 8Mido ŋgɔ mianɔ yiyim faa. Ne ɣeyiɣi nyuitɔ ɖo nam ko la nye hã madze mia yome.” 9Ale Yesu tsi Galilea le ŋkeke mawo me.

Yesu yi agbadɔmeŋkekenyui ɖuƒe

10Esi Yesu nɔviŋutsuwo dzo vɔ megbe la, eya hã yi ŋkekenyuia ɖuƒe. Ke eyi le bebeme be amewo nagakpɔ ye o. 11Yudatɔwo ƒe amegãwo dii vevie le azã la ɖuƒe eye wonɔ eta biam se le amewo gbɔ. 12Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le teƒea. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame deŋgɔ wɔnuku aɖe.” Ke ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔe wònye le amewo flum le yiyim.” 13Ke dzideƒo menɔ ame siwo nɔ ekafum la si be woaƒo nu tso eŋu le dutoƒo o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be Yudatɔwo ƒe amegãwo ava he to na yewo.

14Esi ŋkekenyui la ƒe afa nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me eye wòde asi nufiafia amewo me. 15Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔ wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia wo nɔewo be, “Ale ke wɔ ame sia nya nu siawo nyuie ale, togbɔ be mede miaƒe suku aɖeke kpɔ o?”

16Yesu gblɔ na wo bena, “Nye la, nyemele nu siwo tso nye ŋutɔ nye susu me la fiam o, ke boŋ Mawu si ɖom ɖa le ƒe susuwo fiam mele. 17Nenye be mia dometɔ aɖe ɖoe kplikpaa bena yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe adze sii xoxo nenye be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo. 18Ne ame aɖe le nu ƒom tso nu si eya ŋutɔ susu ŋuti la, ekema ele kafukafu dim na eɖokui tso amewo gbɔ. Ke ame si le didim bena yeade bubu ame si ɖoe ɖa ŋuti la, ame mae nye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla. 19Mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o, ke nu ka tae wòle be miatsɔ nya ɖe ŋunye bena meda le eƒe sewo dzi. Eye nu ka tae wòle be miawum ɖe esia ta?”

20Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?”

21Yesu gblɔ na wo bena, “Nukunu ɖeka pɛ ko mewɔ eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa. 22Ke Mose de se na mi be miatso aʋa eye mietsoa aʋa na mia viwo le Sabat ŋkekea gɔ̃ hã dzi. Ke, menye Mosee to aʋatsotso vɛ o ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema. 23Azɔ la nenye be woate ŋu atso aʋa ne ɖevi le Sabat dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ŋuti miele dziku dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Sabat dzi? 24Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzenyenye nu.”

Ame siae nye Kristo la?

25Yerusalemtɔ aɖe siwo nɔ afi ma la gblɔ na wo nɔewo be, “Alo menye ame si dim dumemegãwo le be yewoawu lae nye esia oa? 26Ame la nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Ɖe míaƒe dumemegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Mesia alo Amegbetɔ Vi la vavã? 27Ame bubuwo hã nɔ gbɔgblɔm be ame sia mate ŋu anye Kristo la o, elabena míenya afi si wodzii le, evɔ nenye be Kristo ŋutɔ ava la, ɖe ko wòado ko kpoyi, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”

28Yesu nya nu sia nu si gblɔm wonɔ eya ta esi wònɔ mawunya gblɔm le gbedoxɔ la me la, egblɔ bena, “Miawo la, mienyam eye mienya afi si wodzim le ke magblɔ na mi bena, ame si mienya o lae dɔm ɖa, eye ame siae nye Nyateƒe la. 29Nye la menyae elabena nye kplie li hafi wòdɔm ɖe mia gbɔ.”

30Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu hafi ayi elé ge o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o.

31Ame geɖe siwo nɔ gbedoxɔ la me la xɔ edzi se eye wogblɔ be, “Nukunu kawoe miele mɔ kpɔm be ne Mesia la ava va la, awɔ esi ame sia mewɔ o?”

Wodɔ asrafowo ɖa be woalé Yesu

32Esi Farisitɔwo se nya siawo le amewo nu la, wo kple Osɔfogãwo dɔ gbedoxɔmesrafowo ɖa bena woayi aɖalé Yesu. 33Gake Yesu gblɔ be, “Ele be maganɔ mia gbɔ vie hafi matrɔ agayi ame si dɔm ɖa gbɔ. 34Miadim, ke miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si meyi hã o.”

35Yesu ƒe nya siawo na be Yudatɔwo ƒe amegãwo tɔtɔ. Wobia wo nɔewo be, “Afi kae wòle ɖoɖo wɔm bena yeadzo ayi? Ɖewohĩ edi be yeayi aɖagblɔ mawunya na Yudatɔ siwo le anyigba vovovowo dzi alo be yeayi trɔ̃subɔlawo ƒe anyigba dzi aɖagblɔ mawunya na wo le afi ma.” 36Wogabia hã be, “Nu ka tututue wòwɔnɛ be, ‘Miadim ke miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si mayi hã o.’”

Agbetsi la ƒe tɔsisiwo

37Le agbadɔmeŋkekenyuia ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Yesu do ɣli gblɔ na ameha la be, “Nenye be tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòava no tsi faa. 38Elabena, mawunya gblɔ bena, ‘Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi si me agbetsi le la anɔ dzidzim tso eya ma me ke.’” 39Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe haɖe o elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o.

Mama ɖo ameawo dome

40Esi amehawo se nya si wògblɔ la, ɖewo gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye nyagblɔɖila si ava do ŋgɔ na Mesia la.” 41Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la”. Ke ame bubu aɖewo le biabiam be, “Ɖe Kristo ate ŋu atso Galilea mahã? 42Ɖe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?” 43Ale mama ɖo ameawo dome tso ame si tututu Yesu nye la ŋuti. 44Ame aɖewo di vevie be yewoalée gake wo dometɔ aɖeke medo dzi ka asi eŋu o.

Yudatɔwo kplɔlawo ƒe dzimaxɔse

45Asrafo siwo Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖo ɖa be woayi aɖalé Yesu la trɔ gbɔ va asi ƒuƒlu. Ameawo bia wo bena, “Nu ka tae mielé ŋutsua vɛ o.”

46Ke asrafoawo ɖo eŋu na wo be, “Nya geɖe siwo ŋutsu sia gblɔ la sɔ tome na mi ŋutɔ. Le anukware me la míese nya deto sia tɔgbi kpɔ o.”

47Faristitɔawo ɖu fewu le asrafoawo ŋu gblɔ be, “Ke ɖe ŋutsu sia flu miawo hã xoxoa? 48Miekpɔ dumemegã aɖe alo Farisitɔ aɖe wòxɔ ame sia dzi sea? 49Ameha gã sia, si mele naneke nyam o la, koe xɔ edzi se ke nu kae wonya tso nu sia ŋuti. Fiƒode ava ame siawo dzi kokoko!”

50Ke Nikodemo si nye ameawo dometɔ ɖeka, ame si hã va Yesu gbɔ le zã me la tsi tre hebia etɔwo bena, 51“Ɖe wòle se nu be woatso nya me hafi adrɔ̃ ʋɔnu ame aɖea?”

52Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me eye nàkpɔ ŋuɖoɖo na ɖokuiwò. Le nyateƒe me la nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!” 53Ale takpekpea kaka eye ame sia ame dzo yi aƒe me.

Copyright information for EweBEE